Luke 20

Wobia nya Yesu le eƒe ŋusẽkpɔtsoƒe ŋuti

(Mateo 21:23-27; Marko 11:27-33)

1Esi Yesu nɔ nu fiam amewo eye wònɔ nyanyui la gblɔm na wo le gbedoxɔ la me le ŋkeke mawo dometɔ ɖeka dzi la, osɔfogãwo kple agbalẽfialawo kple dumegãwo va ƒo xlãe heɖe ɖeklemi kplii. 2Wobiae be, “Ame kae na ŋusẽ wò be nànya asitsalawo do goe le gbedoxɔ me?”

3Eɖo eŋu be, “Nye hã mabia biabia ɖeka mi hafi maɖo miaƒe biabia ŋu na mi. 4Biabia lae nye, ‘Yohanes ƒe mawutsideta la ɖe,’ Mawu gbɔe wòtso loo alo eya ŋutɔe tsɔe ɖo eɖokui dzi nɔ nu si dze eŋu la wɔma?”

5Wodzro biabia la ŋu le wo nɔewo dome kpɔ hegblɔ be, “Ne míegblɔ be Mawue dɔe ɖa la ekema míede mía ɖokuiwo nya me, elabena abia mí be, ‘Nu ka tae míexɔ edzi se o maha?’ 6Ne míegblɔ hã be menye Mawue dɔe ɖa o la, ekema ameha la katã awɔ funyafunya mí, elabena woxɔe se vevie be Yohanes nye nyagblɔɖila.” 7Mlɔeba la woɖo eŋu nɛ be, “Míenya afi si wòtso o.”

8Ale Yesu gblɔ na wo be, “Ekema nye hã nyemaɖo miaƒe biabia la ŋu na mi o.”

Lododo le waingble kple edzikpɔla ŋu

(Mateo 21:33-46; Marko 12:1-12)

9Yesu gatrɔ ɖe ameha la gbɔ eye wòdo lo sia na wo be, “Ŋutsu aɖe de waingble eye wòtsɔe de agbledela bubuwo si hedzo yi du didi aɖe me afi si wònɔ ƒe geɖe. 10Esi nuŋeɣi ɖo la edɔ eƒe dɔla ɖeka ɖo ɖe agbledelawo gbɔ be wòava xɔ waintsetsea ƒe akpa si nye tɔ gome la vɛ. Gake agblea dzikpɔlawo ƒo dɔla la vevie eye wogbugbɔe ɖo ɖa asi ƒuƒlu. 11Agbletɔ la gadɔ dɔla bubu ɖa gake wowɔ eya hã nenema, woƒoe, dzui nyuie eye wonyae dzoe asi ƒuƒlu. 12Agbletɔ la gadɔ ame etɔ̃lia ɖo ɖa agblea dzikpɔlawo gbɔ ake gake eya hã kpɔ nuteƒe abe ame gbãtɔ eveawo ene. Wode abi eŋu eye wonyae ɖe du nu wòdo go le agbelea me heyi aƒe asi ƒuƒlu.”

13“Agbletɔ la gblɔ na eɖokui azɔ be, ‘Menya nu si mawɔ! Madɔ vinye ɖeka hɔ̃ la ɖe wo gbɔ. Meka ɖe edzi be woade bubu eya ŋu.’”

14“Gake esi agblea dzikpɔlawo kpɔ via wògbɔna la, wogblɔ be, ‘Nu si dim míele la va ɖo. Ame si avanyi eƒe dome nenye be megali o lae nye esi va do! Mina míawui bena eƒe domenyinua nazu míatɔ.’ 15Ale wolée, hee le anyigba do goe le waingblea me heyi ɖawu.” Yesu bia ameha la be, “Nu ka miebu be agbletɔ la awɔ? 16Magblɔe na mi. Agbletɔa ava eye wòana woawu ame vɔ̃ɖi siawo eye wòatsɔ waingble la de ame bubuwo ƒe dzikpɔkpɔ te.” Nyaselawo alo ameha la gblɔ nɛ be, “Agbledzikpɔlawo mate ŋu awɔ nu vɔ̃ɖi sia ƒomevi o ɖe.”

17Yesu kpɔ wo dũ hegblɔ be, “Ke nu kae mawunya wɔnɛ esi wogblɔ be, ‘Kpe si xɔtulawo gbe la, eyae va zu kpe si wotsɔ ɖo dzogoe na xɔa’?” 18Egblɔ kpe ɖe eŋu be, “Ame sia ame si akli kpe sia la aŋe afɔ. Ke ame si dzi wòage adze la, agbã gudugudu.”

19Esi osɔfogãwo kple agbalẽfialawo se ŋutinya si Yesu gblɔ la, wodi be yewoalée enumake, elabena wonya be yewo ŋutie wògblɔe ɖo. Woawoe nye agbledzikpɔla vɔ̃ɖi siwo le ŋutinya la me. Gake wovɔ̃ bena ne yewo ŋutɔ yewolée la, ahe ʋunyaʋunya vɛ.

Nudzɔdzɔ na Kaisaro

(Mateo 22:15-22; Marko 12:13-17)

20Esi wonɔ mɔnu dim le eŋu ta la, wodɔ ame aɖewo ɖe egbɔ bena woawɔ wo ɖokuiwo abe ame dzɔdzɔewo ene eye woabia biabiawoe. 21Wova Yesu gbɔ va gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, míenyae be nufiala anukwaretɔe nènye. Etoa nyateƒe ɣesiaɣi eye mèkpɔa ame aɖeke hã ŋkume o, ke boŋ èfiaa nu si nye Mawu ƒe mɔwo. 22Azɔ gblɔ wò susu na mí tso nya sia ŋuti. Enyo be míadzɔ nu na Kaisaro loo alo menyo o.” 23Yesu kpɔ aye si wɔm ameawo nɔ la dze sii eya ta wògblɔ be, 24“Mitsɔ kɔba ɖeka nam makpɔ ɖa. Ame ka ƒe tatae nye sia le kɔba sia dzi? Eye ame ka ƒe ŋkɔe le tata la te?”

Woɖo eŋu nɛ be, “Kaisaro si nye Roma duwo katã dziɖula ƒe tatae.”

25Egblɔ na wo be, “Ekema mitsɔ nu siwo katã nye Kaisaro tɔ la nɛ eye mitsɔ nu siwo katã nye Mawu tɔ la na Mawu!”

26Ale mɔ̃ si wotre nɛ be wòaɖee le ameha la ŋkume la mete ŋu ɖee o. Eƒe nyaŋuɖoɖo la wɔ nuku na wo ale gbegbe be ɖoɖoe zi le wo nu.

Ame kukuwo ƒe tsitretsitsi kple srɔ̃ɖeɖe

(Mateo 22:23-33; Marko 12:18-27)

27Azɔ Zadukitɔ aɖewo, ame siwo xɔe se be ame kukuwo ƒe tsitretsitsi aɖeke meli o la 28va Yesu gbɔ kple nya sia be, “Mose ƒe se gblɔ be nenye be ŋutsu aɖe ɖe srɔ̃ gake wo kple srɔ̃a medzi vi hafi wòku o la, nɔvia ŋutsu naɖe ahosia eye vi si woadzi la anye ame si ku la tɔ, eye wòavaxɔ ɖe eteƒe nenye be eva tsi 29míenya ƒome aɖe, si me ɖekakpui adre nɔ. Tsitsitɔ ɖe srɔ̃ gake medzi vi aɖeke hafi ku o. 30Ame si dzɔ ɖe eyome la ɖe ahosia gake eya hã medzi vi kplii hafi trɔ megbe o. 31Nu sia yi dzi ʋuu va se ɖe esime ɖekpakpui ewoawo katã ɖe ahosia kpɔ gake ɖeke medzi vi kplii hafi ku o. 32Nyɔnua hã va ku mlɔeba. 33Azɔ míaƒe biabia lae nye be, Ame ka srɔ̃e nyɔnu sia anye nenye be wofɔ tso ku me? Elabena ŋutsuawo katã ɖee kpɔ!”

34Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ame siwo le agbe le xexe sia mee woɖo srɔ̃ɖeɖe anyi na. 35Gake ame dzɔdzɔe siwo woafɔ ɖe tsitre yi dziƒo la womaɖe srɔ̃ o. 36Womagaku hã o, ale woanɔ abe mawudɔlawo ene, eye woanye Mawu viwo, elabena wofɔ wo ɖe tsitre yi agbe yeye mee.

37“Ke le ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋuti la, Mose gɔ̃ hã gblɔe fia le ŋuve mumu si nɔ bibim la gbɔ, esi woyɔ Mawu be, ‘Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu.’ 38Ke menye ame kukuwo ƒe Mawu wonye o ke boŋ ame gbagbewo tɔe, elabena le eya gbɔ wo katã wole agbe nɛ.”

39Sefialawo dometɔ aɖewo gblɔ be, “Nufiala, egblɔe nyuie ŋutɔ!” 40Ale wodzudzɔ woƒe biabiawo elabena dzi megale wo ƒo be woagabia nya ɖekee o.

Ame ka vie nye Kristo

(Mateo 22:41-46; Marko 12:35-37)

41Azɔ Yesu tsɔ biabia sia ɖo woƒe ŋkume be, “Nu ka tae wogblɔ be Kristo Mesia la nye Fia David ƒe vi? 42Elabena David ŋutɔ gblɔ le Psalomowo ƒe agbalẽ me be,

“‘Aƒetɔ la gblɔ na nye Aƒetɔ be. Bɔbɔnɔ nye nuɖusi me,
43va se ɖe esime matsɔ wò ketɔwo awɔ wò afɔɖodzinu.’ 44David yɔe be, ‘Aƒetɔ’ Ale ke wɔ wòaganye via?”

Yesu xlɔ̃ nu nusrɔ̃lawo le agbalẽfialawo ŋuti

(Mateo 23:1-36; Marko 12:38-40; Luka 11:37-54)

45Yesu trɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu le esime ameha la nɔ to ɖomii eye wògblɔ na wo be, 46“Mikpɔ nyuie le agbalẽfiala siawo ŋuti, elabena woɖoa atsyɔ̃ gãwo nɔa yiyim, eye ne wole ablɔ dzi la wodina be amewo nabɔbɔ ado gbe na yewo bubutɔe. Wolɔ̃a teƒe kɔkɔwo nɔnɔ le ƒuƒoƒewo kple azã bubuwo ɖuƒe. 47Ke ne wole woƒe gbe didi mawo dom ɖa hele atsyia dem eme la, woganɔa susu wɔm le ale si woawɔ aba ahosi dahewo la ŋuti. Eya ta Mawu ƒe tohehe gãtɔ le wo lalam.”

Copyright information for EweBEE